Srɔ̃nye nye nuɖiaɖia nam.
Eƒe amenyenye ye. Eya ɖeka teaŋu xɔa xɔ blibo ɖeka eye metsoa nɔƒe ɖoɖi na nu bubu aɖeke o. Menye ɖe wo lolo ŋutɔ o. Ame ƒuƒui boŋu wònye hafi. Ƀe kpekpe me anɔ kilo alafa ɖeka, éle tsralɛ eye wòkɔ afɔ ade.
Égblɔ be: “Mekpɔ ŋuɖoɖo na wò kuxia”; mefɔ̃ kɔ ɖa le eƒe atadzikɔmpuita be yeakpɔm gɔ̃ o.
Eƒe amenyenye ye. Nenamae wò dzɔ. Eteaŋu ɖea asi le eɖokui ŋuti ʋlayaa ko abe ɖevi sime kokokpetike le ŋudɔ kutsu gbe ene.
Éyi dzi gbɔ be “Mekpɔ dɔyɔla aɖe”. Eyɔ dɔyɔla atsyĩatɔe abe Amerikayvue le nuƒom ene.
Meɖe ŋku ɖee nazãbutɔe, nye ŋkuwo hele gɔmeɖeɖe biam. Éyi eƒe atsyĩa nuƒoƒoa dzi bometsitɔe, abe Olimpia lãmesẽfefewɔla si gatsɔ eƒe ŋgɔxɔdzesi kukɔe le fefeawo vɔ megbe la, hele gbɔgblɔm be: “Menye dzokatɔ, alo bɔkɔnɔ ye o. Menye ameyibɔ ‘fakala mawoe o. Amea ŋutɔe nye esia”.
Égayi edzi le gbɔgblɔm be “Etsɔ si gbɔna la, miayi egbɔ le Mombasa”, le esime vaseɖe fifia gɔ̃ hã la, menyekɔ kpɔm o. Menɔte ɖe fɛsrɛa to, afi si ko menɔ tsã la, he ɖe hũ tsɔ da asi ɖe eƒe nya la dzi. Nye susu tsa tsaglãla he ɖo ŋku zi gbãtɔ si miedo go le ƒe ewo siwo vayi. Menye nusrɔ̃la le Nairobi suku kɔkɔ me. Memliɖaʋudzoa ‘ɖe gbe le dziŋgɔli kɔkɔe me. Medogo tso ɖetugbuiwo ƒe mlɔƒe si woɖe ŋkɔ na le sukua me be aɖakago le nɔnɔme sime wotui ɖo ta la, he yina. Kpɔ alesi megale ɖokuinye kpɔm fifia abe gbemagbe ene ɖa! Nyɔnuvi makpɔnuteƒe si ka ɖe eɖokui dzi be yeateŋu a wɔ nu sia nu la. Me do atalegbe si ƒe amadede yina bluɔ wɔge la hetsɔ dziwu ɣi sɔe aɖe.
Mekpɔe ɖoɖa vĩĩ le ʋudzeƒea – ŋutsu yibɔe dzeɖeka aɖe si tsyɔ akɔ ɖe afɔkuiwo nu le ʋu sɔe dzeani aɖe ƒe ŋgɔgbeɖaka dzi. Anye ne metso eme yi. Ɖe wo nyo be matso eme yi hafi. Gake eƒe ŋkuwo hem va eɖokui gbɔe. Ŋku ɣi keklẽ aɖewo nɔ esi abe tagba si ahom metsɔ haɖe o la ene. Nyeme kpɔ naneke ɖi esiawo kpɔ o.
Mele nye agbale kpekpeawo de axadame dzimaɖeɖitɔe eye mezɔ yi egbɔ. Éko alɔgbɔ nu nam fɔleɖenuŋutɔe hetsa ŋku godo abe ɖe amea ‘ɖe dexa be yeaɖdu fewu eŋu hĩ.
“Tɔwowoe à?” Mebiae kaletɔe.
“Nuka?” Éko nu vie. “O, nye ŋkuwo à? Ɛ̃, nye meɖɔ gaŋkuiwo o, nye ŋutɔ ye”. Ƀe nuƒoƒo atsyãtɔe ɖi le tome nam abe hadzidzi ene. Éko nu sesĩe zi ɖeka ko he tsoe kpata.
Ewɔ moya nam.
“Kenya vi dzidzi akuakuae nenyeà?
Ɛ̃, eyae menye; Dzɔgbenyui koe le ŋunye.
Nyagbe mawo ge le énu tamemabumabu tɔe. Aklama. Abe ameyibɔ dzɔdzɔ ya, fiƒode ye wonye ene.
Mienɔ afima gaƒoƒo geɖee. Mieƒo nu le Nairobi ŋdi gbɔgblɔe me. Ƀe agbe ƒe ʋuʋudediwo zɔ yaʋalawo dzi va lɔm.
Énɔ lalam be yeakɔ ye nɔvi nyɔnu ayi aƒe me le kɔsiɖa ƒe nuwuwu ma. Ɖeko wòtrɔ gbɔ tso Kansas va aƒe le Kenya.
Éxɔ ɖɔkta ƒe dzeside le amegbetɔŋutinunya me, eye wònye numekula kple aɖaŋuɖola nɔɖokuisi aɖe. Égblɔ be ye “ɖu tu na Kenya”. Nu ko meko, elabe mebui be fefem wòle, hafi mekpɔ be éɖo movevi.
Éɖo movevi abe ɖe wole bɔbɔe na ameaɖe be woaɖu tu na amenyenye katã. Éʋli vevie be yeawɔ yeɖokui Amerikavi. Ameyibɔvinyenye katã dea vɔvɔ̃ lame nɛ.
Kadodo masɔmasɔ aɖe dze egɔme gbe ma gbe. Nye, nusrɔ̃la si yɔ fũũ kple mɔkpɔkpɔ na nusiwo mebu abe xexeame ƒe nuwɔdɔɖeamedziwoe, kple éya, dzigbɔɖi nufiala si nɔ nye numasɔmasɔwɔwɔwo kom, ke menye ŋutasẽtɔe o.
Mieɖe mianɔewo le ƒe eve megbe. Mekpɔ nye bometsitsi ɖa le ɣemaɣi ke, esime manyamanya tsyɔ nu nye ŋkumekɔkɔ dzi. Menye éyae o. Nyee ke ŋku me abe ɖevi si kpɔ mɔnu na ɣeyiɣi ʋee aɖewo ƒe tsaɖiɖifefe eye wòkplɔe ɖo la ene.
*
Meʋu nye ŋkuwo blewuu. Srɔ̃nye, Andrea, tsi trɛ tsyɔ dzine hetsɔ eƒe asibidɛ le nye ɖusibɔta tɔm. Ŋdi kekeli la ve ŋku nam. Memlɔ aba me hetsɔ abadzivɔ ɣi bɔbɔe la bla ɖokuinye maʋmaʋae abe ŋɔvi matofũ le azitsro me ene.
Égblɔ be: “Anyo be nale tsi! Èle ya ɖem!”
Me gbugbɔ tra ɖokuinye ɖe avɔawo te nɔ didim be woateɖa le gbɔnye. Megbɔ yi eme fumm be maʋɛ ɖokuinye se. Notsibabla bluɔ kple aŋuti tsaka ƒe ʋeʋɛ̃. Ʋeʋɛ̃ sia dze ŋunye. Éɖoa ŋku edzi nam be le nye luʋɔ ƒe gogloƒɛ si seselelãme aɖeke meli nam le o hã la, mega le agbe. Mele vovom hã, mele agbe.
Égatɔ asim ake. “Mie le megbetsim na yameʋu la. Fɔ nadzraɖo sia”. Dzimaɖeɖi sia ƒe seselelãme tsa to dzinye abe tsifafɛ aɖe ene.
Megatra ɖokuinye ɖe avɔwo te eye meyi tame ʋĩĩ le ŋkeke siwo me menɔ dzidzɔkpɔkpɔ me, ɣeyiɣi siwo me nye luʋɔ nɔ agbe henɔ fefiem kple dzidzɔ. Meɖe asi le nye susu ŋu wotsa tsaglãla le nye tsã me vaseɖe esime wovatɔ ɖo gbe si gbe nuwo katã trɔ la, abe ale si ko wo dzɔna ɣe sia ɣi ene.
Meto nɔnɔme sia me zi geɖee, eye woɖia modzakafefɛ nukpɔkpɔ aɖe nam. Ɖe woanye modzakafefɛ vavã hafi.
Ƒe eve le miaƒe srɔ̃ɖeɖe vɔ megbe la, nye kple Andrea miedze agbagba ʋu be fú na va. Le dadaƒu ƒe dziɖeleameƒo me la, miedi kpekpeɖeŋu tso eŋunyalagãwo gbɔ.
India ɖɔkta kɔkɔ tsralɛ asibidɛ bɔblɔe aɖe.
“Chronic anovulation”. Éɖe esia gblɔ esi wòda ŋku ɖe dzinye henɔ kpɔyem mafamafa na amenɔvi tɔe to eƒe gaŋkui le asiɖiwo me.
Éyi edzi gblɔ be “Mele ŋutege adzi vi akpɔ o”, esi wònɔ agbalɛ siwo nɔ eƒe kplɔ̃ dzi la ʋum mavomavotɔe. Xwiií, xwiií gbeɖiɖi si agbalɛawo ƒe ʋuʋu wɔ la ɖi sesĩe le ɖoɖoezizi gã si nɔ xɔa me la ta.
Metrɔ nye ŋkuwo ɖe Andrea dzi bometsitɔe nɔ mɔ kpɔm be afa akɔ nam. Ƀe ŋkuwo dre ɖe ɖɔkta Shah ɖaseɖigbalɛ siwo ku ɖe eƒe tadɛglia ŋu la vevie. Wo dome etɔ̃ siwo le sika lɔtiwo me la de axa wo nɔe wo.
“Andrea”, meyɔe, esi metsi dzodzodzoe la ta. Éga dre eƒe ŋkuwo ɖe ɖaseɖigbalɛ siwo ɖe gbeƒa dɔkta Shah ƒe tuɖuɖu na dɔa la dzi kokoko. Nairobi sukukɔkɔ, Mantsesta sukukɔkɔ, Harvard ɖɔktaheƒɛ. Metrɔ kpɔm vaseɖe fifi gɔ̃ o. Metrɔ be yeakpɔm zi ɖeka gɔ̃ hã o. Ƒe enyi sɔ̃ɔ̃ vayi azɔ̃.
Viviti si ƒo to dzinye vayi gbe ma gbe la ga le yeye le lã me nam. Eva ɖɔɖɔɔɖɔ eye wo like ɖe menye abe ami si ge dze agbametsi me la ene. Exɔ nye agbe blibo la he xe mɔ na nye dzidzɔkpɔkpɔ.
Blanuilele ƒe dɔ vadze dzinye. Ɖɔkta siwo katã dzi metsa le la nam atikekui xɔasi vovovo siwo boŋu team ɖe to la. Nuxlɔ̃ame hamehame siwo mehĩa o hã.
“Wò ya do dzi ko”.
“Ne ateŋu nɔ alɔgbɔnu koko dzi ko, ɖewohĩ…”
“Dzɔgbenyui le ŋu wò, menye dɔ ŋutɔe nedze o”.
*
Dɔyɔla la ɖi nɔnɔmetata aɖe, dɔyɔla la. Ébɔbɔ nɔ anyi maʋamaʋatɔe ɖe maŋgɔti de ama aɖe te. Ƀe ŋku siwo dzi aɖabafũ legbe siwo ya nɔ ʋaʋam ʋeʋe la tsyɔ la nɔ miamiam. Étsoga afɔ le éƒe Kanzu vɔ ɣi fita la te.
Esi miegogoe vɔ la, égblɔ be: “Nɔ anyi”, étsɔ éƒe nuyiwo fia aba si wotsɔ kpã lɔ̃ sit e ɖe eŋu la. Ése miaƒe anyiɖiɖi le lãme. Ƀe ŋkuwo ganɔ miamiam ko.
“Menye wò ye mewɔne o, éʋa asi fia Andrea be wòate ɖa. Andrea trɔ kɔ abe avuvi si wogbe la ene eye wote ɖe aga.
Meƒo ƒu ɖokuinye ɖe aba la dzi ŋukpenatɔe le nye atawo ƒe lolome si wɔe be nye me teŋu tsoga nye afɔwo o la ta. Éɖo asibidɛ éƒe nuyi titriawo dzaa. Ɖoɖui zi. Ɖoɖuizizi la dome didi abe mavɔmavɔ ene. Meda ŋku ɖe edzi tɛ̃ɛ hede vovoge dokpoe. Éto dɔmenyomo lɔbɔ aɖe. Ƀe ŋɔti le gbadza nukutɔe abe vĩdzi si dre ɖe dada ƒe medome la ene.
“Ɖe ŋku ɖe ɖokuiwò godoo”. Ƀe gbe me to. Akɔfagbe. “Wò ŋutɔe he nu si katã le wɔwom la va ɖokuiwò dzi”.
“Ɖe wòle fɔ buyem le nye kuxiwo ta à? Nyateƒe à?
“Wò ŋutɔ koe ateŋu ayɔ dɔ ɖokuiwò. Ɖe ga ɖokuiwò. Ame aɖeke mateŋu awɔe na wò o”, égblɔ esiawo henye éƒe asibidɛ legbe dzɔ atsu mawom dogo ɖa.
*
La Salumeria Restaurant nuɖuƒegã le Valley Arʋade ƒe ƒumelã risotto nuɖuɖu ƒo bubu wo keŋ ta le Nairobi. Menya esia nyuie. Andrea kplɔnam dea teƒe ma na miaƒe srɔ̃ɖeɖe ŋkuɖodzizã le ƒe sia ƒe. Meɖua risotto ƒe sia ƒe. Édea bubu subɔviawo ŋu, doa dzidzɔ ɖe wo ŋu gake medina be yeakpɔm o, ƒe sia ƒe. Nye melɔ̃ alesi nye siketi mĩa ali nam kpikpikpi ƒe sia ƒe la hafi o. Ɖe ko medoe kple susu be Andrea nakpɔ ŋudzedze le ŋunye. Evem be me doe. Naneke medzro nunye wu be maɖu ayo bolo la katã vɔ le kplɔ̃a dzi o.
Andrea ƒo éɖodui katã ɖe éƒe kaƒomɔ̃ me, ke nye la, menɔ anyi hetsi dzodzodzoe eye nyeme nya nusi mawɔ kple ɖokuinye o. Kpata la, éɖe ŋku ɖe dzi nye tɛ̃ɛ̃. Meŋlɔ eƒe ŋkuwo ƒe nyakpɔnyakpɔ tɔxɛ la ble. Tagba fafɛ si ahom meɖe haɖeke o la ƒe amadede.
Égblɔ gbadzaa ko be, “Mele gblewom ɖi he yina”.
Gbe masekpɔ aɖe dogo le nu nam. Elũ ve me nam. Exɔ aɖabaƒoƒo ɖeka hafi mede dzesii be nu kom mele. Nye meteŋu de dzesi nye ŋutɔ ƒe gbe o, elabena meko nu egbɔ metsɔ o. Ŋkuɖodzi sia doa nukokui nam ŋutɔ eye fifia hã la, me le nu kom sesĩe ale gbegbe be nye ŋkuwo le aɖatsi fam.
Nye siketi la ga mĩam akpa. Mede vovoge dokpoe. Meɖiɖi asi ɖe anyi heʋui eye mekpɔ vovo esime nye dɔgbo dze eƒe gbɔdzɔeƒe.